Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ðe Yudatɔwo “tso dukɔ siwo katã le dziƒoa te” la me yi Yerusalem le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi vavã?

Yerusalem ƒe ablɔ si me amehawo sɔ gbɔ ɖo le ƒe 33 k.ŋ. ƒe Pentekoste dzi

Hekpe ɖe Biblia ƒe ŋutinya si dze le Dɔwɔwɔwo 2:5-11 ŋu la, Yudatɔ agbalẽŋlɔla Philo si nɔ anyi ɣemaɣi la ŋlɔ nu tso ameha siwo va Yerusalem le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi ŋu.

Philo ŋlɔ tso mɔzɔla siwo yia Yerusalem ŋu be: “Ameha gbogbo manyaxlẽwo tsoa dugã siwo mele xexlẽ me o la me vana; ɖewo zɔa afɔmɔ, eye ɖewo toa ƒu dzi, wotsoa ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe kpakple dziehe kple anyiehe siaa vaa ŋkekenyui ɖe sia ɖe ɖuƒe.” Le eƒe nuŋlɔɖia me la, ehe susu yi lɛta aɖe si Agripa I, si nye Herodes Gãtɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, ŋlɔ ɖo ɖe Roma Fiagã Caligula la dzi. Le lɛtaa me la, Agripa gblɔ tso Yerusalem ŋu be: “Menye Yudea ɖeɖe ko ƒe fiadue Du Kɔkɔe la nye o, ke enye dukɔ bubuawo dometɔ akpa gãtɔ hã ƒe fiadu, elabena ameha gbogbo aɖewo ʋuna tso afi ma enuenu ɖatsoa kɔƒe ɖe dukɔ vovovowo me.”

Agripa yɔ nuto siwo me Yudatɔwo ʋu yi ɖatsi la dometɔ aɖewo ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖewo le didiƒe ʋĩi abe Mesopotamia, Dziehe Afrika, Asia Sue, Hela kple Mediterranea ƒukpowo dzi ene. Agbalẽnyala Joachim Jeremias gblɔ be: “Togbɔ be womegblɔ le lɛta sia me tẽe be amewo zɔ mɔ tso teƒe mawo yi Yerusalem o hã la, eme kɔ ƒãa be wozɔa mɔ yia [Yerusalem], elabena wobia tso Yuda ŋutsuwo katã si be woayi ŋkekenyuiawo ɖuƒe.”—5 Mose 16:16.

Teƒe kawoe ame akpe geɖe siwo yia Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiwo dzi la dzena?

Blema tsileƒe si amewo zã le Yerusalem tsɔ kɔ wo ɖokui ŋu

Ŋkekenyui etɔ̃, siwo nye Ŋutitotoŋkekenyui, Pentekoste kple Agbadɔŋkekenyui, ye woɖuna le blema Yerusalem ƒe sia ƒe. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame akpe alafa geɖe tsoa Israel dukɔ bliboa me kple dukɔ bubu siwo katã me Yudatɔwo le la me yia Yerusalem le ŋkekenyuiawo ɖuɣi. (Luka 2:41, 42; Dɔwɔwɔwo 2:1, 5-11) Ehiã be ame siawo katã nakpɔ teƒe aɖe adze.

Wo dometɔ aɖewo dzea xɔlɔ̃wo gbɔ; bubuwo dzea amedzrodzeƒewo. Eye wo dometɔ aɖewo hã nɔa avɔgbadɔwo me le dua me loo alo dua godo. Esi Yesu yi Yerusalem zi mamlɛtɔ la, edze du aɖe si nye Betania, si medidi tso afi ma o, la me.Mateo 21:17.

Woke ɖe teƒe geɖe siwo woxɔe se be wonye amedzrodzeƒewo tsã la ŋu le afi si te ɖe gbedoxɔa ŋu. Wokpɔ tsileƒe geɖe siwo me amedzro siwo va dzea teƒeawo la léa tsi le tsɔ kɔa wo ɖokui ŋu hafi yia gbedoxɔa me la le amedzrodzeƒeawo. Nuŋɔŋlɔ aɖe si wokpɔ le teƒe mawo dometɔ ɖeka la ɖee fia be nunɔla si ŋkɔe nye Theodotus, si nye ƒuƒoƒe si le nutoa me la dzi kpɔla, lae “tu ƒuƒoƒea hena Torah-xexlẽ, eye . . . eya kee tu amedzrodzeƒea, xɔdɔmeawo kple tsidoa na amedzro siwo dzi nu mede o.”